Émeric AKPOKLI - HYMNE / CANTIQUE EEPT N° 1: Mawu am’a-ɖeke meɖi wò,

Sdílet
Vložit
  • čas přidán 2. 11. 2021
  • 🎶🎧🎺
    1
    Mawu am’a-ɖeke meɖi wò,
    Bubua-ɖeke mede nuwò o;
    Wò ko nye nunyala vavã
    Ŋutikɔkɔe, bubu, ƒo xlã wò,
    Ame si nye agbevudo la;
    Kekeli enye wò awu.
    Le dziƒo boo, le didiƒe ke,
    Afi si ŋku mekpɔna o,
    Le ɣletiviwo ƒe nɔƒe ke,
    Afi ma nèɖo nɔƒe ɖo.
    2
    Wò, si nye mawuwo dzi Mawu,
    Ne míese wò ŋkɔ ɖeɖe ko la,
    Edea vɔvɔ̃ lãme na mí.
    Alilĩkpowo dzi nèzɔna,
    Ahom kple dziɖegbe ƒoa xlã wò,
    Ya hã enye wò dɔtsɔla.
    Aƒetɔ Zebaot, dɔlawo
    Nɔa ŋgɔwò kple lɔlɔ̃nu faa,
    Dzo ƒe aɖe, siwo ɖ’a-bla la,
    Nye wò ŋusẽ ƒe dɔlawo!
    3
    Luʋɔnye, nyɔ! Tsɔ kafukafu,
    Nàdo Mawu, wò wɔla, ɖe dzi,
    Nàɖe gbeƒãe na xexeame!
    Dzi dzidzɔhawo na wò Mawu,
    Eya ko edze kafukafu,
    Eya kpɔa mí katã mía ta.
    Mawu ƒe aʋakɔwo katã,
    Mitso aseye ɖe mía ti:
    Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu,
    Kafukafu kpl’a-kpedada!
    EMERIC 🎤
    STUDIO SOL PROD 🎼
    QUELLE JOIE DE CHANTER DES CANTIQUES 📓😇🍃🙏🏾
  • Hudba

Komentáře • 12